1 Corinthians 10

Nuxɔxlɔ̃ tso Israel ƒe dzɔdzɔmeŋutinya me

1Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, migaŋlɔ nu siwo dzɔ ɖe mía tɔgbuitɔgbuiwo dzi le gbedadaƒo le gbe aɖe gbe ʋiĩ ke la be o. Mawu na alilĩkpo nɔ ŋgɔ na wo eye wòkplɔ wo va to Ƒu Dzĩ la me dedie. 2Nuwɔna sia zu abe ɖe wode mawutsi ta na wo ɖe woƒe kplɔla Mose ŋkɔ me ene. 3Wo katã woɖu gbɔgbɔ menuɖuɖu ma ke, 4eye wono gbɔgbɔmenunono ma ke; elabena wonoe tso gbɔgbɔ me kpe gbadza si zɔ kpliwo le gbea dzi, eye kpe gbadza siae nye Kristo. 5Gake le esiawo katã megbe la, wo dometɔ geɖewo sẽ to eye womewɔ Mawu ƒe gbe dzi o. Ale Mawu tsrɔ̃ wo eye woƒe ŋutilã kukuawo kaka ɖe gbea dzi.

6Ele be míasrɔ̃ nu tso esia me be míawo hã míagatsi nu vɔ̃ɖiwo yome abe mía tɔgbuiwo ene eye míagasubɔ legbawo abe ale si wowɔ ene o. 7Woŋlɔe ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me be, “Wobɔbɔ nɔ anyi ɖu nu eye wono nu nyuie, eye emegbe la woɖu ɣe” hesubɔ sikanyivi la.

8Nu bubu si wòle be míagasrɔ̃ tso nu siwo dzɔ ɖe wo dzi me lae nye be, esi wo dometɔ aɖewo wɔ ahasi ta la, ame akpe blaeve-vɔ-etɔ̃ sɔŋ ku le wo dome le ŋkeke ɖeka ko dzi. 9Nɔviwo, miawo hã migaɖia Aƒetɔ la nu abe ale si wowɔ eye da ɖu wo dometɔ geɖewo woku ene o. 10Le esi wolĩ liʋiliʋĩ ɖe Mawu ŋu ta la, Mawu ɖo mawudɔla aɖe ɖa wòva tsrɔ̃ wo dometɔ geɖewo hã.

11Nu siawo katã dzɔ ɖe wo dzi be wòanye kpɔɖeŋu kple nusɔsrɔ̃ na mí ale be míawo míagawɔ nu siawo ƒomevi o. Woŋlɔ wo da ɖi na mí be míaxlẽ ale be míasrɔ̃ nu tso eme le ɣeyiɣi siawo me esi xexeame ƒe nuwuwu tu aƒe.

12Eya ta ame siwo buna be nu siawo mate ŋu adzɔ ɖe yewo dzi o la nakpɔ nyuie be womagadze tetekpɔ me o. 13Miɖo ŋku edzi be susu vɔ̃ɖi siwo vaa miaƒe tame edziedzi la, vaa ame sia ame ƒe tame nenema ke, menye miawoe nye ame gbãtɔ siwo le nu siawo me tom o. Minya be ame geɖewo to eme va yi. Minyae hã be tetekpɔ aɖeke mesesẽ wu amegbetɔ ƒe tsɔtsɔ o. Miate ŋu aɖo ŋu ɖe Mawu ŋu be ana ŋusẽ mi be miaɖu tetekpɔ dzi elabena eya ŋutɔ do ŋugbe na mi eye Mawu ya megbea eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ gbeɖe o. Afia afɔɖoƒe mi be miate ŋu ato ɖe sia ɖe me le dzigbɔɖi blibo me. 14Eya ta nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, mite ɖa le Trɔ̃subɔlawo gbɔ.

Miate ŋu ano nu le kplu eve nu o

15Menya be nunyalawo mienye, eya ta mibu nya si gblɔ ge mala la ŋu be enye nyateƒe mahã? 16Ne míele Aƒetɔ la ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe ɖum la, mí katã míedoa gbe ɖa eye míenoa nu le kplu ɖeka nu. Ɖe esia mefia be mí katã míele yayra ɖeka xɔm tso Kristo ƒe ʋu me oa? Azɔ ne míeka abolo ɖeka me heɖu la, esia hã fia be mí katã míekpɔ viɖe tɔxɛ tso Kristo ƒe ŋutilã me oa? 17Ne míesɔ gbɔ ale gbegbe hã la abolo ɖeka ma ko míemana ɖuna. Esia ɖo kpe edzi na mí be mí katã míenye Kristo ƒe ŋutilã ɖeka ma ƒe akpe aɖe. 18Nenema ke le Israelviwo dome hã la, ame siwo katã ɖua vɔsalẽvia ƒe ɖe la katã zua ame ɖeka.

19Ame aɖe abia be ɖe mele gbɔgblɔm be legba siwo Trɔ̃subɔlawo saa vɔ na la nye Mawu gbagbewo eye woƒe vɔsawo hã nye nu xɔasitɔwo mahã? Gbeɖe! Mele nenema kura o. 20Nu si gblɔm mele boŋue nye be, ame siwo ɖa nu na legbawo la wɔ ɖeka le gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔm menye Mawu subɔm wole kura o. Azɔ nyemedi be miade ha kple gbɔgbɔ vɔ̃wo to Trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsanu siawo ɖuɖu me o. 21Miate ŋu ano nu le Aƒetɔ ƒe kplɔ̃ ŋu vɔ agatrɔ yi aɖanoe le Abosam hã ƒe kplɔ̃ ŋu o, eye nenema ke miate ŋu aɖu abolo le Aƒetɔ ƒe kplɔ̃ ŋu vɔ agaɖui le Abosam hã gbɔ o.

22Nu ka? Ɖe miedi be yewoado dɔmedzoe na Aƒetɔa? Ɖe miebu be miesesẽ wuia?

Xɔsetɔ ƒe ablɔɖe

23Ne ame aɖe di be yeaɖu trɔ̃wo ƒe vɔsanuɖuɖu la ate ŋu aɖui faa, meda Mawu ƒe se aɖeke dzi o. Gake menye eya ta ame naɖu nu sia o. Togbɔ be se aɖeke mexe mɔ nɛ o hã la, ɖewohĩ nuwɔna sia medze tututu be wòawɔ o. 24Miganye ɖokuitɔdilawo o, ke boŋ mibu mia nɔewo ŋu le miaƒe wɔnawo me.

25Azɔ, ne mieyi asime la, miƒle lã ɖe sia ɖe si dzram wole eye migabia be afi kae lãa tso hã o. Ne menye nenema o la ɖewohĩ ŋuɖoɖoa aɖe fu na miaƒe dzitsinya. 26Minyae be, xexeame bliboa kple emenu nyuiwo katã nye Aƒetɔ la tɔ, eye wòtsɔ wo na mi be miawɔ wo ŋuti dɔ le dzidzɔ me.

27Ne Trɔ̃subɔla aɖe kpe mi kristotɔwo be miva ɖu nu kple ye eye wò dzro mi be miayi la, miate ŋu ayi faa. Nuɖuɖu ɖe sia ɖe si wòtsɔ ɖo mia kɔme la, miɖui eye migabia be nu kae woɖa hã o. Mizi kpi eye miaɖu nua ekema trɔ̃wo ƒe vɔsanuɖuɖunya mava eme si aɖe fu na miaƒe dzitsinya o. 28Gake ne miebe yewoaɖu nua ko ame aɖe gblɔ be wotsɔ nuɖuɖua sa vɔa na trɔ̃wo gbã hafi tsɔ na mi la, ekema migaɖui o, ɖe nu si ame si gblɔ nya sia na mi la abu tso nu si mieɖua ŋuti la ta. 29Le nya sia me la, edze be miabu nu si ame sia gblɔ tso nuɖuɖu ŋuti la ŋu vevie.

Eye miabia be, nu ka ta wòle be ame bubu ƒe susu nawɔ mi kluviwoe le nu si mienya be enyo la ŋuti?
30Ne màte ŋu ada akpe na Mawu ɖe nuɖuɖu la ta ko aɖui la, nu ka ta wòle be nana ame bubu nagblẽ nu siawo katã me elabena eya bu be mèda vo? 31Nu si ta megblɔ esia ɖoe nye be ele be miawɔ nu sia nu na Mawu ƒe kafukafu, le miaƒe nuɖuɖu kple nunono gɔ̃ hã me. 32Eya ta miganye mɔxenu na ame aɖeke o, eɖenye Yudatɔwo, Trɔ̃subɔlawo alo kristotɔwo o. 33Nu si nye ya mewɔna la enye be medze agbagba be madze ame sia ame ŋu le nu sia nu me. Menye be male nu si doa dzidzɔ na nye ŋutɔ ɖeɖe ko me ɖe asi o. Ke boŋ la mewɔa nu si nyo na ame bubuwo hã be mate ŋu aɖe wo.

Copyright information for EweBEE